Ku ɖe Mía ŋu

Kristotɔwo ƒe Agbalẽ kɔkɔea ƒoa nu na mí to blema-ŋutinya kple nyagblɔɖi siaa me. Egblɔa nusi dzɔ tsã kple esi gbɔna kpuie la na mí. Le nyagblɔɖi wɔnuku me la, míate ŋu axlẽ toklã gbedeasi mamlɛa do ŋgɔ na xexeame ƒe tsɔtsrɔ̃.

Toklã gbedeasi sia, si gɔme Nyaɖeɖefia 14 ƒe Mawudɔla etɔ̃awo ɖe la, va le akpa etɔ̃ me. Toklãnya siawo dometɔ ɖesiaɖe le vevie ŋutɔ na xexeame katã ƒe sese.

  • Mawudɔla gbãtɔ le gbɔgblɔm na mí be míade ta agu na Wɔla Mawu, si wɔ dziƒo, anyigba kple atsiaƒu la. Edze be míade ta agu na Wɔla la elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gaƒoƒo la ɖo. Dɔla gbãtɔa le alesi míadze si Mawu sia kple alesi míadzra ɖo na ʋɔnudɔdrɔ̃a me toto la gblɔm na mí.

  • Mawudɔla evelia le toklãm na mí le xɔsegbegbe si ava le nuwuwu ɣeyiɣia me la ŋuti. Wogblɔ be 'míado go' tso mawusubɔsubɔ ɖoɖo siwo medé bubu Wɔla Mawu kple eƒe Nyaɖeɖefia ŋu o la me.

  • Dɔla etɔ̃lia le toklã nam mi be vɔ̃ɖitɔ la awɔ dɔ to mawusubɔsubɔ hame si de megbe ƒe wɔnawo dzi na aʋahoho mamlɛa ɖe Mawu Wɔla kple eƒe dukɔ la ŋuti. Woade \"Dzesi\" aɖe amesiwo kplɔ vɔ̃ɖitɔ la ɖo la, eye amesiwo anye nuteƒewɔlawo na Mawu la akpɔ yometiti. Ke azɔ Mawu akɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖe amesiwo xɔ dzesi dziŋɔ̃ sia la dzi. Eƒe dukɔ, si sí xɔse kple toɖoɖo le la, akpɔ ɖeɖe tso anyigba si le tsɔtsrɔ̃m la ƒe aƒedonyenye me. Woayi ɖe dziƒo kple Mawu eye woakpɔ Mawu wòagbugbɔ wɔ xexeame yeye, woade blibo abe le gɔmedzedzea me ene.

De asi agbalẽa te na míaƒe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔxɔ

Nye ame gbãtɔ si anya ne woɖe agbalẽ yeyewo ɖe go!

newsletter-cover