Alesi Nabu ta me le Ɖokuiwò sie

Alesi Nabu ta me le Ɖokuiwò sie

Taƒoƒo Kpuie

Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒo nu do ŋgɔ tso mawusubɔsubɔ ŋusẽ dziŋɔ̃a ɖe ŋu si nye "Babilon." "Babilon" nye dzesidoŋkɔ. Le nyagblɔɖi nu la, ŋusẽ sia adze agbagba be yeate ɖe mía dzi able mí de alakpa subɔsubɔ me. Mɔ si ko dzi míakpɔ dedienɔnɔ le enye be míaɖe susu na mía ɖokuiwo eye míaku ɖe Mawu ƒe Nyaɖeɖefia ŋu vevie. Agbalẽvi sia le mía fiam alesi míawɔ míaƒe susu ŋutidɔ be mianye xɔsetɔ nunyalawo kple susuɖelawo le xexeame godoo ƒe kuxi ɣeyiɣiwo me.

Ƒomevi

Agbalẽvi

Agbalẽtala

Sharing Hope Publications

Elì le gbegbɔgblɔ

21 Gbegbɔgblɔwo

Axawo

6

Heeɖeanyi

Míeva ɖo Gunung Datuk ta me le tolialia didia ɖe megbe. Mebɔbɔ nɔ anyi kple nye xɔlɔ̃ yeye, Adzak, be míase vivi na nu kpɔkpɔ si dze mía ŋgɔ la. Medidi hafi míaƒe dzeɖoɖo ɖo ta mawusubɔsubɔnyawo gbɔ o.

“Ablɔɖe susuɖela menye,” Alee Adzak gblɔ. “Nye ŋutɔ meɖo nye susu ku ɖe xexeame ŋu.”

Meɖo eŋu be: “Ah ẽe. Mese Malasia sɔhɛ geɖewo nɔa wo ɖokuiwo yɔm be ablɔɖe me susuɖelawo.”

Adzak ko nu. “Ele be míabu tame le mía ɖokuiwo si. Ne menye nenema o tɔtɔtɔtɔ geɖe anɔ anyi. Agblẽ tagbɔ na wò.”

Mebiae be: “Ekem ne nèyi aƒe ɖe? Le Malasia afisia, sɔhɛ geɖe yɔa wo ɖokuiwo be ablɔɖe susuɖelawo, gake le aƒe la, wohiã tso asiwò be nakpɔ gome le Moslemtɔwo alo Budatɔwo ƒe kɔnuwo me. Nukae nègblɔna na dziwòlawo?”

“Nyemegblɔnɛ na wo o,” Alee Adzak ɖo eŋue. “Ɖeko mèwɔna ɖe nusi wodi la dzi. Màte ŋu abu tame faa, gake ele be madzrae ɖo na ɖokuinye.”

Ɖe ablɔɖe susuɖeɖe le veviea?

Le xexeame ƒe afiaɖewo, xɔse to vovo ɖoɖo ate ŋu ana be woaɖe wò ɖe aga tso wò hadometɔwo gbɔ, be nàbu wò dɔ, alo be nàkpɔ ku gɔ̃ hã. Tamebubu le ɖokui sí ate ŋu anye afɔku-nya. Azɔ ɖe wòle veviea? 

Míaƒe xexeame yɔ fũu kple susu nyuiwo kple susu baɖawo. Mɔnu vevi ɖeka si dzi míato aɖe nu nyuiwo ɖa tso vɔ̃ɖiawo gbɔ la enye be míaɖe susu eye míaƒo nu tso wo ŋu. Nenye be nèƒle nu xɔasia ɖe—abe sika, safron, alo iFon—ene la, menye ɖeko nàxe fe ɖe eta atsɔe yi aƒemee o. Àlé ŋku ɖe eŋu eye àtsɔe asɔ kple hoʋlila bubuawo tɔ ale be nàka ɖe edzi be yele nu sia ƒe nɔnɔme nyuitɔ kekeake ƒlem. Nenemakee wòle be woawɔ kple susuɖeɖewoe. 

Tɔtɔtɔtɔ sɔ gbɔ le xexeame, eye nuwo ganyrana ɖe edzi ne amewo di be yewoaté yewo ŋutɔ yewo ƒe susu siwo tɔtɔ la ɖe nutoa me tɔwo dzi. Ɖe mɔ nam be maƒo nu tso nyagblɔɖi vevia ɖe ŋu na wò. Le agbalẽ xoxoa ɖe si woyɔ be “Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia” me la, nyagblɔɖia ɖe ƒo nu tso amea ɖe siwo dze agbagba be yewoazi yewo ƒe subɔsubɔnya siwo tɔtɔ la ɖe ame bubuwo dzi. Egblɔ be: “Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la” (Nyaɖeɖefia 14:8).

Dzesidonyati siawo mesesẽ na gɔmesese o. Babilon enye blema du gãa ɖe, gake ŋkɔ la ƒe gɔmeɖeɖee nye “tɔtɔtɔtɔ.” Du sia “mu,” menye be etɔtɔ tae o ke boŋ le esi medi be yeaɖe asi le yeƒe tɔtɔtɔtɔ ŋu ɖe megbe o tae. Eble dukɔwo ɖe eŋu ne woawɔ ɖeka kplii le eƒe gbɔgbɔmehasiwɔwɔ me—si nye be egbe nuteƒe wɔwɔ na Mawu to alakpa subɔsubɔ tsakatsaka kple subɔsubɔ vavã me. Wowɔ alakpa susu siawo abe nusiwo le ɖoɖo nu ene eye woxɔa wo. Nyagblɔɖi sia si ku ɖe “Babilon” ŋu la le nu ƒom tso xexeame godoo ƒe gbɔgbɔ me nuɖoanyia ɖe si menye ɖeko wòtsɔ gbɔgbɔ me vodada wɔ abe nusi sɔ la ene o ke boŋ adze agbagba be yèatée ɖe amesiwo lé ɖe nyateƒea ŋu la dzi mlɔeba.

Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia la gblɔe ɖi be nusia ava eme le míaƒe ŋkekeawo me. Ɖeomahĩ èkpɔ nusia wòle dzɔdzɔm xoxo. Ɖe amea ɖewo li siwo ƒoa nu le Mawu ƒe ŋkɔ me kple alakpasusuwoa? Ɖe nèse le ɖokuiwò me be yemevo le yèƒe dzitsinya me oa? Ɛ̃e, esia tae tamebubu le ɖokui sí le vevie ɖo.

Alesi Nabu ta me le Ɖokuiwò sie

Ame geɖewo kpɔa dzidzɔ le woƒe nutoame ƒe mawusubɔsubɔ léle ɖe asi ŋu. Womedzròa woƒe dzixɔsewo me kpɔ o. Wokplɔa subɔsubɔ kɔnyinyi siwo mele susu nu o alo siwo hea gbegblẽ wú nyui vɛ la ɖo. Ɣeaɖewoɣi la, subɔsubɔ ŋgɔnɔla, siwo wobui be woawoe afia Mawu ƒe mɔ mí la, boŋ yɔ kple nufitifiti wɔwɔ.

Aleke míate ŋu ake ɖe nyateƒe la ŋu? Mele aɖaŋu ɖom be míaka ɖe nyagblɔɖilawo dzi. Nukata? Susu etɔ̃ tae:

  1. Nyagblɔɖilawo ɖena sidzedze wɔnuku ku ɖe etsɔme ŋu la fia. Nyagblɔɖila Daniel gblɔ nya ɖi tso Europa ƒe dzi yiyi yi ɖe eƒe ŋutinya me ƒe ɖoƒe si nye dutanyigbawo xɔxɔ le xexeame la ŋu. Yesu Kristo (si wogayɔna be Isa al-Masih) la gblɔ nya ɖi tso Yerusalem ƒe gbagba le ƒe 70 me ŋu. Nyagblɔɖila Mose (Musa) gblɔ Ishmael ƒe ŋutinya ɖi heyi ɖa se ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu.

  2. Nyagblɔɖilawo ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me sidzedze wɔnuku ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu la fia. Nyagblɔɖila Mose si nɔ agbe ƒe 3,500 enye sia, ɖe nu me ku ɖe amewo ɖeɖe ɖe aga, nu ƒaƒãwo tsɔtsɔ ƒu gbe na lãmesẽ dzadzɛnɔnɔ kple ametakpɔkpɔ le dɔlekuiwo ŋuti ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Emã lã siwo wowɔ la ɖe esiwo ŋu kɔ̀ kple makɔmakɔwo me. Eye wògblɔ na mí be mimegaɖu ʋu alo lã ƒe ami ne míele lã siwo ŋu kɔ̀ la ɖum o. Le egbea me ŋutɔ hã, amesiwo wɔa ɖe eƒe nuɖuɖu kple dzadzɛnyenye ƒe ɖoɖowo dzi la nɔa agbe ƒe 15 didi wú amehawo katã.

  3. Mawu ɖoa xɔsetɔ siwo ka ɖe Eyama dzi eye woxɔa Eƒe nyagblɔɖilawo dzi sena la ƒe gbedodoɖawo ŋu. 

Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo yɔ fũ kple mɔfiame—gake ne woate ŋu aɖe vi na mí la, ele be míasrɔ̃ alesi míabu tame nyuie, ado míaƒe nudzixɔsewo kpɔ eye míalé ŋku ɖe kpeɖodzi si le míaƒe xɔse ŋu la ŋu. Tamebubu nye subɔsubɔ ƒe akpa vevia ɖe.

Azɔ, nukae dzɔna ne míele alakpanyaa ɖe me kum kpɔ? Ate ŋu adzé le gɔmedzedzea abe nyateƒe ene. Ke ne míele kpeɖodzi dim la, míedzea kèke ɖe susu la ƒe kuxiwo ŋu. 

Nyateƒe ya nye nusi to vovo. Naneke mebúna le eŋu ne wolé ŋku ɖe eŋu nyuie o. Zi alesi míeku nu me la, zi nenemae míekpɔa nyateƒe geɖe. 

Ele be xɔsetɔwo nanye nunyala gãtɔwo kekeake le xexeame elabe Mawu kplɔa mí le nunya ƒe mɔ dzi. Ne eva eme be nekpɔ ɖokuiwò le nɔnɔmea ɖe si me womeɖe mɔ le be nàɖe wò susu alo abia nu gɔme se le o la, ke metso Mawu gbɔ o. Ele mía kpem na numekuku nyuie elabe nyateƒe sẽ ale gbegbe be wòanɔ te le numekuku ŋgɔ. Gake Babilon blea ame yia alakpanyawo me eye wòtéa ame ɖe eme to ʋɔtru tutu ɖe ame ƒe susu ƒe agbagbadzedzewo nu.

Ne ètɔtɔ ale gbegbe be wòwɔ na wò abe ɖe nele Babilon me ene la, do go! Va Mawu ƒe nunya ƒe mɔ la dzi. Bu tame le ɖokuiwò sí eye nàwɔ biabia sesẽwo. Dzi maɖe le ƒowò o. 

Ɖe nedi be yeaganya nu geɖe kpee ku ɖe Yesu Kristo ƒe Nyaɖeɖefia ŋua? Taflatse tè ɖe mía ŋu to nyatakaka siwo le agbalẽ sia ƒe megbe la dzi.

Copyright © 2023 by Sharing Hope Publications. Woate ŋu ata dɔ sia ahamae gbemabia nenye be asitsatsa ƒe tameɖoɖo mele eme o.
Mawunya tso Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

De asi agbalẽa te na míaƒe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔxɔ

Nye ame gbãtɔ si anya ne woɖe agbalẽ yeyewo ɖe go!

newsletter-cover