Ɖe nèhiã nukunua ɖea?

Ɖe nèhiã nukunua ɖea?

Taƒoƒo Kpuie

Tso keke gbaɖegbe ke Mawu nɔa nukunu wɔm na eƒe dukɔ le ɣeyiɣi si me wohiã wo vevie wu la. Biblia la ƒo nu na mí tso ŋutinya geɖee siwo ku ɖe nyagblɔɖiwo mevava la ŋu, kple amea ɖewo ƒe dɔyɔyɔ xɔxɔ kple nuku nudzɔdzɔ siwo ko ate ŋu ava eme to gbedoɖa ŋutiɖoɖo me hã ŋu. Agbalẽvi sia gblɔ susu geɖe siwo tae míate ŋu axɔ Biblia dzi se abe Mawu ƒe nya matrɔmatrɔ ene, kple alesi nàte ŋu ate ɖe Mawu ŋu na wò ŋutɔ ƒe nukunu.

Ƒomevi

Agbalẽvi

Agbalẽtala

Sharing Hope Publications

Elì le gbegbɔgblɔ

21 Gbegbɔgblɔwo

Axawo

6

Heeɖeanyi

Ƒomea ɖe me tɔwo ƒe tò gãa ɖe ŋutɔ nɔ mɔ kpɔm na agbe si nyo wu la eye woɖo be yewoaʋu ayi dukɔ bubu me. Gake mɔzɔzɔ la menɔ bɔbɔe o; ele be woatso dzogbea ɖe kple afɔ. Dawo, dziɖegbewo, kple dzoxɔxɔ sesẽ nɔ afima. Ne tòa me tɔ siwo dze dɔ alo gbɔdzɔ la hetsi megbe la, adzodalawo dzea wo dzi.

Eteƒe medidi o nuɖuɖu vɔ le wo si, ke woƒe ŋgɔnɔla do ɣli na Mawu be wòawɔ nukunu. Le ŋufɔke, esi ameawo fɔ la, wokpɔ nane wiwliwli siwo le abe abolo ene kaka ɖe anyigba katã dzi. Evivi ŋutɔ, hele abe tatali si me anyitsi le ene. Eye wòsɔ gbɔ be amesiame naɖu aɖi ƒo! Exɔ ŋkeke geɖe hafi wotso dzogbea, eye gbe sia gbe la abolo dzana tso dziƒo. Woakafu Mawu, wokpɔ ɖeɖe!

Ŋutinya sia aɖi nusi wɔ nuku, gake edzɔ ŋutɔ ŋutɔ. Enye nukunu geɖewo dometɔ ɖeka siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia, si míagate ŋu adze si to ŋkɔ siawo dzi, Tawrat, Zabur kple Indzil la me. Ŋutinya vavã alafa geɖewo le Biblia me, siwo ƒe akpa gãa ɖe ku ɖe nukunu siwo Mawu wɔ le amewo ƒe agbe me la ŋuti. Enye agbalẽ vevi aɖe na míaƒe ɣeyiɣi, si me ame geɖe hiã woawo ŋutɔ ƒe nukunuwo le.

Egbe-Ŋkekea ƒe Nukunuwo

Le ƒe ʋɛ aɖe siwo va yi me la míekpɔ dukɔmeviʋawo, aglãdzedzewo, ganyawo ƒe gbegblẽ, dɔmakpɔwɔe, dɔxɔleameŋuwo kple ku. Nyemeka ɖe edzi nusi nye wò nɔnɔme fifi lae la o. Ɖewomahĩ woɖe wò do goe le wò aƒeme. Ɖewomahĩ wò lɔlɔ̃tɔa ɖe le agbe kple ku dome. Ɖewomahĩ èle ʋiʋlim be yeakpɔ dɔ aɖe awɔ. 

Aleke kee nye wò nɔnɔme o, Mawu tsɔa ɖe le eme na wò eye wòlɔ̃ faa be yeawɔ nukunu na wò egbea abe le blema ke ene. Ne èlé blanui la, àte ŋu akpɔ dzideƒo to Biblia, si nye nukunuwo ƒe agbalẽ aɖe la, xexlẽ me.

Mawu ƒe Nyawo na Míaƒe Ɣeyiɣi la

Amea ɖewo hea ɖe megbe le Biblia xexlẽ me elabena wose be wotrɔe le mɔa ɖe nu. Ɖewomahĩ susu totro sia tso ame geɖe siwo gblɔna be yewo wɔna ɖe Biblia dzi la ƒe agbenɔnɔ gbɔ. Ɣeaɖewoɣi míekpɔa Kristotɔwo wonɔa aha sesẽ nom, nɔa tsatsa dam, nɔa awu dom madzemadzee, nɔa halã ɖum, eye wonɔa nu wɔm ɖe amewo ŋu dɔmemanyotɔe. 

Gake le nyateƒe me la, wobu fɔ nenem vodada siawo katã le Biblia me. Ke ne Kristotɔwo le agbe nɔm le tomaɖomaɖo Mawu me la, esia metrɔ Eƒe Nya mavɔ la ƒe nyateƒe nyenye o. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ ɖi be: “Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, ke mía Mawu ƒe nya anɔ anyi tegbee” (Yesaya 40:8). Ɖe nèsusu be ŋusẽ le amegbetɔwo ŋu ale gbegbe be woate ŋu atrɔ Mawu ƒe Nyawoa, alo ate ŋu anɔ eme wú be ɖe ko woto wɔna baɖa ƒe mɔ dzi hele nya siwo mesɔ o la gblɔm tso eŋua? 

Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Nyagblɔɖila Dawid (si wogayɔna be Dawud) kple eƒe amewo nɔ mɔ zɔm kple Nubabla-ɖaka, si nye sika ɖaka gãa ɖe si me se ewoawo nɔ la ŋu. Se Ewoawo nye Mawu ƒe se siwo kù ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu eye woŋlɔ wo ɖe kpe gbadzɛ gã eve dzi eye wotsɔ wo de sika ɖaka la me. Le mɔazɔzɔ me la, ŋutsua ɖe wɔ kalẽ do asi ɖa heka asi aɖaka la ŋu—eye enumake wòdze anyi ku! 

Ne Mawu maɖe mɔ be ɖokuidodoɖedzi ƒe asiwo naka aɖaka kɔkɔe si me eƒe Nya la le ŋu o ɖe, aleke gbegbe wòalɔ̃ be ame vɔ̃ɖiwo natsɔ sakisi kple ɖɔɖɔɖo ƒe nuŋlɔti atè ɖe eƒe Nya ŋɔŋlɔ la ŋu? Mawu ƒe gãnyenye su nɛ be wòate ŋu akpɔ eƒe Nya la ta. 

Le nyateƒe me la Biblia enye agbalẽ si ŋu kakaɖedzi le wu le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Eteƒe medidi o, Bedoin alẽkplɔla etɔ̃ le Palestina—Muhamad edh-Dihib, Dzum’a Muhamad, kple Khalil Musa—ke ɖe Ƒukukua ƒe agbalẽ xatsaxatsawo ŋu le vo me. Esia nye blematomenukulawo ƒe nu gãa ɖe si ŋu woke ɖo si na be míete ŋu tsɔ egbeegbe Biblia sɔ kple blema Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo siwo xɔ abe ƒe 2,000 ene. Sɔsɔɖenu la wɔ nuku ŋutɔ, si gale asi fiam nyateƒe sia be womate ŋu atrɔ Mawu ƒe nuɖefiawo gbeɖe o. Ne èhiã nukunua ɖe la, àte ŋu aka ɖe edzi be Biblia nye teƒea ɖe si ŋu kakaɖedzi le be nàdii le! Afisia àke ɖe ŋutinya wɔnukuwo ŋu ku ɖe nyagblɔɖilawo abe Noa (Nuh), Abraham (Ibrahim), Yosef (Yusef), Yona (Yunus), Daniel, David (Dawud), kple Salomo (Suleiman) ene. Anɔ eme be nese wo ŋu nya kakɛwo le teƒe bubuwo kpɔ, gake Bibliae gblɔa ŋutinya blibo la katã!

Va ne nàke ɖe wò Nukunu ŋu

Xaxa ka kee me tom nèɖale o, nukunu ŋutinyaa ɖe le Biblia me na wò:

  • Ɖe wò ŋutɔ alo lɔlɔ̃tɔa ɖe le dɔ lem a? Xlẽ nu tso alesi woda gbe le Naeman, Siria-ʋafia si lé anyi dɔ ŋu nukutɔe la ŋuti.

  • Ɖe nele ʋiʋlim be yeana nuɖuɖu wo aƒea? Xlẽ nu tso alesi amize sue aɖe kple wɔ asiƒlo ɖeka siwo mevɔna o la, lé Libanon ƒe ahosia kple viaŋutsuvi ɖe agbe, to dɔwuame ɣeyiɣi didi aɖe me la ŋu.

  • Ɖe wò agbe le afɔku mea? Xlẽ nu tso alesi woɖe Ebed Melex, Kusitɔ si nye kluvi le fiasã me la, ƒe agbe le aʋa me le xɔse si le esi le Mawu me la ŋu. 

  • Ɖe nesena le ɖokuiwò me be yenye ameɖeɖeaga? Xlẽ nu tso Hagar, Egiptetɔ si kpɔ Mawu ƒe nukunu esi wogbee la ŋu.

  • Ɖe nèle nyɔnyrɔ̃m ɖe agbemekuxiwo tea? Xlẽ nu tso alesi Yesu Kristo do abɔ ɖe dzi eye wòtsi ahom sesẽa ɖe nu hena be eƒe nusrɔ̃lawo ƒe tɔdziʋua megba o la ŋu.

Ŋuɖoɖo wɔnukuwo

Ne míele Biblia xlẽm la, míeyɔna kple kakaɖedzi be míado gbe ɖa kple mɔkpɔkpɔ nyuitɔ. Yesu gblɔ be: “Nusianu si ke miabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe” (Mateo 21:22). Ne míele ame bubu siwo xɔ ŋuɖoɖo wɔnukuwo tso Aƒetɔ la gbɔ ƒe ŋutinyawo xlẽm la, mɔkpɔkpɔ ʋãa míaƒe dziwo be míaku kutri atsɔ míaƒe biabiawo ɖoɖe dziƒo.

Ɖe nèhiã nukunua ɖea? Nukunu siwo le Biblia me la na ʋã wò eye nàbia Mawu be wòawɔ ɖeka na wò ŋutɔ hã. Ase wò gbedodoɖa godoo egbea!

Ne èdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me ƒe nukunuwo ŋuti la, ke tè ɖe mía ŋu to nyatakaka siwo le agbale sia ƒe megbe la dzi.

Copyright © 2023 by Sharing Hope Publications. Woate ŋu ata dɔ sia ahamae gbemabia nenye be asitsatsa ƒe tameɖoɖo mele eme o.
Mawunya tso Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.

De asi agbalẽa te na míaƒe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔxɔ

Nye ame gbãtɔ si anya ne woɖe agbalẽ yeyewo ɖe go!

newsletter-cover