
Gbɔɖeme le xexeme si nye dzimaɖeɖi teƒe
Taƒoƒo Kpuie
Nuteɖeamedzi kple dɔwɔgbɔme kplɔa ame geɖe yia yɔ me do ŋgɔ na woƒe gaƒoƒo la. Gake le xexeme wɔwɔ me, Mawu wɔ dɔyɔyɔ ƒe ɖoɖo na nuteɖeamedzi ƒe kuxi la: dzudzɔgbe ŋkeke la. Woɖo ŋkeke kɔkɔe sia be wòanye yayra ale be amegbetɔwo nadzudzɔ tso woƒe dɔ gbɔ eye woadi ɣeyiɣi anɔ kple Mawu. Nublanuitɔe la, togbɔ be Mawu de se be amewo naɖo ŋkui hã la, amegeɖewo ŋlɔ̃ ŋkeke tɔxɛ sia be, eye woŋlɔ̃ Wɔla si tsɔe na wo ŋutɔ gɔ̃ hã be.
Ƒomevi
Agbalẽvi
Agbalẽtala
Sharing Hope Publications
Elì le gbegbɔgblɔ
21 Gbegbɔgblɔwo
Axawo
6
Mita Duran ku. Ɖeko Indonesia nuŋlɔla zazẽ, si tsi xɔ ƒe 24 ko heyɔ kple dzo la mu dze anyi le eƒe dɔwɔkplɔ̃ ŋu. Nukae dzɔ?
Mita nɔ dɔ wɔm le gbeƒãɖeɖe dɔwɔƒea ɖe, afisi mɔkpɔkpɔ kɔ́kɔwo kple dɔ kpekpẽ sɔ gbɔ wɔwɔ le. Do ŋgɔ teti hafi wòaku la, eƒo nu le hadome-nyatakakadzraɖoƒewo dzi tso alesi ɖeɖi té eyama ŋu la ŋuti: “Zã sia me, metsɔ safuiawo yi dɔwɔƒea enuenu ŋkeke enyi sɔŋ.... Agbea ɖeke mele asinye o.”
Enɔa ŋu ɖom vevie ɖe nunono si me kɔfi sɔ gbɔ le, abe Krating Daeng, si nye Asiatɔwo ƒe Red Bull ene la nono ŋu. Eƒe nyati mamlɛa le internet dzi la enye: “Gaƒoƒo 30 ƒe dɔwɔwɔ gake megale sesiẽee.” Emegbe emu dze anyi le eƒe dɔwɔkplɔ̃ ŋu eye megafɔ gbeɖe o.
Nukae dzɔ? Dɔwɔwɔ fũu gbɔ eme na be Mita ku.
Egbea, dɔwɔwɔɖoɖo siwo menana vovo o la le mía dometɔ geɖe si. Hadomegbenɔnɔ ƒoe ɖe mía nu be míawɔ dɔ geɖe wu, axɔ fetu geɖe wu, eye míaƒle nu geɖe wu. Míekpena nuteɖeamedzi, alɔ̃madɔmadɔ kple susumegba kpekpe ƒe fu.
Ɖewomahĩ mímele mía ɖokui wùm abe Mita Duran ene o, gake agbea ate ŋu anye agba kpekpe aɖe. Esiae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na mía? Eyae nye Ŋutifafa Nala. Ɖe míekpɔa ŋutifafa ne míele dɔ wɔm gbɔ emea? Vavã menye nenemae o!
Ne ɖeɖi te mía ŋu gbɔ eme la, kakaɖedzi le eŋu be míele nane si dzi Mawu di be míanɔ ŋku ɖom la ŋlɔm be. Mina míake ɖe nusi Wògblɔ tso ɖiɖiɖeme ŋu la ŋu.
Asitéte ɖe “Lala vie” ƒe dzesi dzi
Mawu nye Amenuvela Gãtɔ kple Nublanuikpɔla Gãtɔ kekeake. Enya bena amegbetɔwo hiã ɣeyiɣi aɖe hena woƒe ŋutilãme, susume, kple gbɔgbɔme ƒe ŋusẽ gbugbɔtu ɖo abe asitelefon alo laptop komputa ene. Eyata, nyagblɔɖila Mose (si wogayɔna be Musa) ŋlɔ Mawu ƒe sedede la ɖi be:
Ɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi, ne nawɔe kɔkɔe. Ŋkeke ade nawɔ dɔ, eye nawɔ ŋuwò dɔwo katã. Ke ŋkeke adrelia enye Dzudzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la; megawɔ dɔa ɖeke le edzi o (Tso Biblia ƒe akpa gbãtɔ, si wogayɔna be Tawrat la: Mose II 20: 8—10 me).
Mawu ƒe se matrɔmatrɔ sia le gbɔgblɔm na mí be míaɖo ŋku ŋkeke adrelia dzi. Le xexeame ƒe gbegblɔgblɔ geɖewo ƒe nya nu la, woyɔ ŋkekeke adrelia si wotsɔ ɖo anyi na ɖiɖiɖeme la be “Sabat.” Nukata Mawu de se na mí be míaɖo ŋku edzi ɖo? Elabena enya be nuŋlɔbe nye kuxi si nɔ edzi yim kple amegbetɔwo, si dze egɔme tso Adam dzi. Medze be míaŋlɔ Mawu ƒe sededeawo be o, elabe ne míeɖo ŋku Eyama kple Eƒe seawo dzi ko hafi míanɔ zɔzɔm le mɔ dzɔdzɔe la dzi.
Gake nukatae Sabat la le tɔxɛ ɖo? Mawu gblɔe na mí,
Elabena ŋkeke ade mee Yehowa wɔ dzi kple anyigba, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eye wòdzudzɔ eɖokui le ŋkeke adreagbe. Eyata Yehowa yra Dzudzɔgbe la eye wòwɔe kɔkɔe (Mose II 20:11).
Sabat nye nu veviea ɖe si ɖoa ŋku edzi na mí be Mawu enye Wɔla la. Amea ɖewo tsia tsitre ɖe nya sia ŋu be esi ɖeɖi metea Mawu ŋu o ta, mahiã be wòa dzudzɔ le ŋkeke adreagbe o. Ke Mawu medzudzɔ le ɖeɖiteameŋu ta o; Etɔ Eƒe nuwɔwɔdɔ ale be Wòaɖe ɣeyiɣi kɔkɔea ɖe ɖi na míaƒe ɖiɖiɖeme.
Mawu kpɔ be dzudzɔgbea ɖe nyo na amegbetɔ ƒomea. Etsɔ ŋkeke adrelia wɔ Sabat, si gɔmee nye gbɔɖemeɣi alo dzudzɔɣi. Aleae, kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe ŋkeke adrelia nye ŋkeke tɔxɛ si dzi míaté asi ɖe “lala vie” ƒe dzesia dzi le. Ele be míadzudzɔ dɔwɔwɔ kple wɔna siwo menye wɔna kɔkɔewo o la le ŋkeke blibo ɖeka dzi be míaɖo ŋku Eyama dzi eye míasubɔe.
Ɖe manye nukunya vivia ɖe na wò ne wò aƒetɔ alo wò nufialagã de se be nàxɔ gbɔɖeme ɖe edzi oa? Ke nusi tututu ƒe se Mawu de la enye esia! Woakafu Mawu! Nublanuikpɔla wònye vavã!
Mawu ƒe Ŋkeke la wɔwɔ Kɔkɔe
Sabat nye xexeme bliboa ƒe ŋkeke kɔkɔea ɖe na dukɔwo katã le xexeame. Mawu ɖeka subɔla siwo xɔ Wɔla Mawu vavã dzi se la nɔa edzi wɔm gbeaɖegbe ke hafi Yudatɔwo, Kristotɔwo, Budatɔwo, Moslemtɔwo, alo Hindutɔwo nava dzɔ. Le nyateƒe me, wotsɔe na amegbetɔ ƒomea katã esime wowɔ xexeame. Adam kple Eva (si wogayɔ be Xawa) wɔ ɖe Sabat la dzi, eye Mawu meɖe mɔ na mí gbeɖe be míaŋlɔ nusi dzi Wòbe míaɖo ŋkui la be o.
Nublanuitɔe, woŋlɔa Sabat be edziedzi. Nyagblɔɖilawo xlɔ̃ nu blema Yudatɔwo be Mawu ahe tsɔtsrɔ̃ va wo dzi nenye be woŋlɔ Sabat la be. Womexɔ toƒoɖo la o, ale be wogba Yerusalem, eye wolé woƒe ƒometɔwo dzo yii ɖe aboyome. Kristotɔwo hã gaŋlɔ Sabat la be esi wotrɔ woƒe ŋkeke kɔkɔe la da ɖe Kwasiɖagbe dzi le tsitre tsitsi ɖe Mawu ƒe sededewo ŋu. Moslemtɔwo doa gbe ɖa le Fiɖagbe gake woŋlɔ be bena edze be miadzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi ne míebe míanɔ agbe le toɖoɖo blibo me na Wɔla la.
Nukata wòwɔ abe xexeame katã le ŋkeke xɔasi sia ŋlɔm be? Ɖe nu vɔ̃ɖi detoa ɖe li si gbɔ nuŋlɔbe si keke ta sia tsoa?
Yesu Mesia la (si wogayɔna be Isa al-Masih) la gblɔe ɖi na mí be Satana (Shaytan) awɔ xexeme ŋusẽa ɖe ŋu dɔ ale be yeatrɔ míaƒe susuwo ɖa le mía Wɔla la ŋu. Woaflu ame miliɔn geɖewo dé subɔsubɔ le alakpa sabat me. Ne Satana ate ŋu ana míaŋlɔ Wɔla ƒe ŋkekea be la, akpɔ mɔ be míaŋlɔ Wɔla Ŋutɔ hã be. Gake, ne míelé Sabat vavã la me ɖe asi la, míaɖe míaƒe nuteƒewɔwɔ fia mía Wɔla eye míase vivi na dzudzɔ, ɖiɖiɖeme kple ŋutifafa ƒe nunana.
Gege ɖe Mawu ƒe Dzudzɔ la me
Nyagblɔɖila Mose ŋlɔ ɖi be “Mawu yra ŋkeke adrelia” (Mose I 2:3). Ɖe ɖeɖi té eye ŋusẽ vɔ le ŋuwòa? Yayrawo le Sabat la me!
Mita Duran, nuŋlɔla tso Indonesia, ku le dɔwɔwɔ fũu akpa ta—gake mele be nenɔ nenema nawò o. Mawu le kpewòm be nadzudzɔ tso wò dɔ gbɔ kwasiɖa sia kwasiɖa be naxɔ Sabat ƒe yayra.
Ne nedi be yeaganya nu geɖe tso alesi Mawu naa dzudzɔ, ŋutifafa kple dɔyɔyɔ mí ŋu la, taflatse te ɖe mía ŋu to nyatakaka si le agbalẽvi sia megbe la dzi.
Copyright © 2023 by Sharing Hope Publications. Woate ŋu ata dɔ sia ahamae gbemabia nenye be asitsatsa ƒe tameɖoɖo mele eme o. Mawunya tso Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.De asi agbalẽa te na míaƒe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔxɔ
Nye ame gbãtɔ si anya ne woɖe agbalẽ yeyewo ɖe go!

Agbalẽtata siwo woɖe fia
© 2023 Sharing Hope Publications